Mateo 1

1
Yesu Kristo ƒe dzidzime
(Luka 3:23-38)
1Yesu Kristo nye Abraham kple Fia David ƒe dzidzimevi; eƒe dzidzimegbalẽ lae nye esi:
2Abraham dzi Isak,
Isak dzi Yakob,
eye Yakob dzi Yuda kple nɔviawo,
3Yuda dzi Perez kple Zera, ame siwo dadae nye Temar,
Perez dzi Hezron,
Hezron hã dzi Ram,
4Ram dzi Aminadab,
Aminadab dzi Naheson,
Nahson dzi Salmon,
5Salmon hã dzi Boaz, ame si dadae nye Rahab.
Boaz dzi Obed, ame si dadae nye Rut.
Obed dzi Yese.
6Yese dzi Fia David,
David dzi Solomo, ame si dadae nye Uria srɔ̃ kpɔ.
7Solomo dzi Rehoboam,
Rehoboam dzi Abiya,
eye Abiya hã dzi Asa.
8Asa dzi Yehosafat,
Yehosafat dzi Yoram,
Yoram dzi Uzia,
9Uzia dzi Yotam,
Yotam dzi Ahaz,
Ahaz dzi Hezekia,
10Hezekia dzi Manase,
Manase dzi Amon,
Amon dzi Yosia.
11Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo le esime woɖe aboyo Israel dukɔa yi Babilonia.
12Le aboyomenɔnɔ le Babilonia megbe la,
Yekonia dzi Sealtiel,
Sealtiel dzi Zerubabel,
13Zerubabel hã dzi Abihud,
Abihud dzi Eliakim,
eye Eliakim dzi Azɔ.
14Azɔ dzi Zadok,
Zadok dzi Akim,
Akim dzi Elihud,
15Elihud dzi Eleaza,
Eleaza dzi Matan,
Matan hã dzi Yakob,
16eye Yakob dzi Yosef, ame si nye Maria, Yesu Kristo dada srɔ̃.
17Ale tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi la, dzidzimeawo katã le wuiene, eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esime woɖe aboyo Israel yi Babilonia la, dzidzimeawo le wuiene, nenema ke tso aboyomenɔɣi va se ɖe Kristo dzi hã le dzidzime wuiene.
Yesu dzidzi
(Luka 2:1-7)
18Yesu Kristo dzidzi va yi ale: Wodo Maria, Yesu dada ŋugbe na Yosef be wòaɖe, gake hafi woava kpe la, wokpɔ be Maria fɔ fu to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. 19Azɔ Yosef, ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye nuteƒewɔla, eya ta medi be yeado ŋukpe Maria le dutoƒo o; eɖoe be yeagbee le adzame.
20Ke esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ nɛ be, “Yosef, David ƒe vi, mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ be wòava nɔ gbɔwò o, elabena fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso. 21Adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabena eyae aɖe eƒe amewo tso woƒe nu vɔ̃wo me.”
22Esiawo katã va eme be, woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to Nyagblɔɖila dzi la nu be, 23“Ɖetugbi si menya ŋutsu o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be, Imanuel” (si gɔmee nye, “Mawu li kpli mí ”).
24Esi Yosef nyɔ la, ewɔ ɖe mawudɔla la ƒe gbe dzi, eye wòyi ɖakplɔ Maria va eƒe aƒe mee abe srɔ̃a ene. 25Ke Yosef mede asi eŋu o, va se ɖe esime wòdzi viŋutsuvi la, eye wòna ŋkɔe be Yesu.

Valgt i Øjeblikket:

Mateo 1: AL

Markering

Del

Kopiér

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion bruger cookies til at personliggøre din oplevelse. Ved at bruge vores hjemmeside accepterer du vores brug af cookies som beskrevet i vores Privatlivspolitik