Naxum 1
1
1 #
Yes 10.5-34; 14.24-27; Zef 2.13-15. Gbedeasi ɖe Ninive ŋu. Naxum, Elkositɔ la ƒe ŋutegagbalẽ.
Aƒetɔ ƒe dɔmedzoe ɖe Ninive ŋu
2Aƒetɔ nye Mawu si ʋãa ŋu,
eye wòbiaa hlɔ̃.
Aƒetɔ biaa hlɔ̃,
eye wòdoa dɔmedzoe.
Aƒetɔ hea to na eƒe ketɔwo,
eye wòléa dɔmedzoe ɖi na eƒe futɔwo.
3Aƒetɔ medoa dziku kabakaba o;
ŋusẽ le esi ŋutɔ.
Meɖea asi le fɔɖila ŋu o.
Etoƒe le ahom kple yali me,
Alilikpowo nye ʋuʋudedi
nɔa eƒe afɔtoƒe.
4Ebluna ɖe atsiaƒu ta,
wòmiena.
Enana be tɔsisiwo katã miena.
Gbe yrɔna le Basan
kple Karmel;
Lebanon seƒoƒowo yrɔna.
5Towo ʋuʋuna le eŋgɔ;
togbɛwo lólona.
Anyigba tsi ƒeƒle le eŋkume,
xexea me kple emenɔlawo katã.
6Ne Aƒetɔ do dziku la,
ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?
Ne edo dɔmedzoe helihelĩ la,
ɖe ame aɖe ate ŋu anɔ te ɖe enua?
Etrɔa eƒe dɔmedzoe kɔna ɖi abe dzo ene,
eye agakpewo wóna le eŋgɔ.
7Aƒetɔ ƒe dɔme nyo;
enye sitsoƒe na eƒe amewo le xaxaɣi.
Enya ame siwo sínɛ tsona.
8Ke atsɔ tsiɖɔɖɔ sesẽ
atsrɔ̃ eƒe futɔwo keŋkeŋ,
eye wòayɔ̀ eƒe ketɔwo ɖe nu
ayi viviti me.
9Nugbe ka ɖom miele
ɖe Aƒetɔ ŋu?
Ele nuwo nu wu ge keŋkeŋ.
Mabia hlɔ̃ eƒe futɔ zi eve o.
10Ne woɖo wo nɔewo me abe ŋuwo ene,
alo woƒo tsi belee
abe woƒe nunonowo ene hã,
wole bibi ge vlavlavla
abe gbe ƒuƒu ene.
11Ɖe ame medo tso mewò,
si ɖo nugbe ɖe Aƒetɔ ŋu,
hede adaŋu be yeado hlɔ̃ oa?
12Eya ta Aƒetɔ be:
“Togbɔ be wosesẽ,
eye wosɔ gbɔ hã la,
woatsrɔ̃ avɔ keŋkeŋ.
Togbɔ be mena miekpe fu geɖe hã la,
miagakpe fu azɔ o.
13Ke azɔ maŋe eƒe kɔkuti ɖa le mia ŋu,
eye matso miaƒe kɔsɔkɔsɔwo ɖa.”
14Aƒetɔ de se ɖe mia ŋu be:
“Womagatɔ mia ŋkɔ gbeɖe o.
Matsrɔ̃ aklama kpakpɛ
kple legba kɔ̀kɔwo ɖa le miaƒe mawuxɔwo me.
Maɖe yɔdo na mi, elabe miegblẽ.”
15 #
Yes 52.7. Kpɔ ɖa, du nyui xɔla aɖee nye ekem
le du dzi tso toawo dzi gbɔna.
Etsɔ nya nyui aɖe gbɔnae.
Ele gbeƒã ɖem ŋutifafa.
Yudatɔwo, miɖu ŋkekenyuiwo azɔ!
Mixe miaƒe adzɔgbeɖefewo!
Elabe ame vlo la magatso ɖe mia ŋu azɔ gbeɖe o!
Wotsrɔ̃e gbidii!#1.15: Kpukpui sia nye Ta 2.1 le Hebri Biblia me.
Currently Selected:
Naxum 1: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.
Naxum 1
1
1 #
Yes 10.5-34; 14.24-27; Zef 2.13-15. Gbedeasi ɖe Ninive ŋu. Naxum, Elkositɔ la ƒe ŋutegagbalẽ.
Aƒetɔ ƒe dɔmedzoe ɖe Ninive ŋu
2Aƒetɔ nye Mawu si ʋãa ŋu,
eye wòbiaa hlɔ̃.
Aƒetɔ biaa hlɔ̃,
eye wòdoa dɔmedzoe.
Aƒetɔ hea to na eƒe ketɔwo,
eye wòléa dɔmedzoe ɖi na eƒe futɔwo.
3Aƒetɔ medoa dziku kabakaba o;
ŋusẽ le esi ŋutɔ.
Meɖea asi le fɔɖila ŋu o.
Etoƒe le ahom kple yali me,
Alilikpowo nye ʋuʋudedi
nɔa eƒe afɔtoƒe.
4Ebluna ɖe atsiaƒu ta,
wòmiena.
Enana be tɔsisiwo katã miena.
Gbe yrɔna le Basan
kple Karmel;
Lebanon seƒoƒowo yrɔna.
5Towo ʋuʋuna le eŋgɔ;
togbɛwo lólona.
Anyigba tsi ƒeƒle le eŋkume,
xexea me kple emenɔlawo katã.
6Ne Aƒetɔ do dziku la,
ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?
Ne edo dɔmedzoe helihelĩ la,
ɖe ame aɖe ate ŋu anɔ te ɖe enua?
Etrɔa eƒe dɔmedzoe kɔna ɖi abe dzo ene,
eye agakpewo wóna le eŋgɔ.
7Aƒetɔ ƒe dɔme nyo;
enye sitsoƒe na eƒe amewo le xaxaɣi.
Enya ame siwo sínɛ tsona.
8Ke atsɔ tsiɖɔɖɔ sesẽ
atsrɔ̃ eƒe futɔwo keŋkeŋ,
eye wòayɔ̀ eƒe ketɔwo ɖe nu
ayi viviti me.
9Nugbe ka ɖom miele
ɖe Aƒetɔ ŋu?
Ele nuwo nu wu ge keŋkeŋ.
Mabia hlɔ̃ eƒe futɔ zi eve o.
10Ne woɖo wo nɔewo me abe ŋuwo ene,
alo woƒo tsi belee
abe woƒe nunonowo ene hã,
wole bibi ge vlavlavla
abe gbe ƒuƒu ene.
11Ɖe ame medo tso mewò,
si ɖo nugbe ɖe Aƒetɔ ŋu,
hede adaŋu be yeado hlɔ̃ oa?
12Eya ta Aƒetɔ be:
“Togbɔ be wosesẽ,
eye wosɔ gbɔ hã la,
woatsrɔ̃ avɔ keŋkeŋ.
Togbɔ be mena miekpe fu geɖe hã la,
miagakpe fu azɔ o.
13Ke azɔ maŋe eƒe kɔkuti ɖa le mia ŋu,
eye matso miaƒe kɔsɔkɔsɔwo ɖa.”
14Aƒetɔ de se ɖe mia ŋu be:
“Womagatɔ mia ŋkɔ gbeɖe o.
Matsrɔ̃ aklama kpakpɛ
kple legba kɔ̀kɔwo ɖa le miaƒe mawuxɔwo me.
Maɖe yɔdo na mi, elabe miegblẽ.”
15 #
Yes 52.7. Kpɔ ɖa, du nyui xɔla aɖee nye ekem
le du dzi tso toawo dzi gbɔna.
Etsɔ nya nyui aɖe gbɔnae.
Ele gbeƒã ɖem ŋutifafa.
Yudatɔwo, miɖu ŋkekenyuiwo azɔ!
Mixe miaƒe adzɔgbeɖefewo!
Elabe ame vlo la magatso ɖe mia ŋu azɔ gbeɖe o!
Wotsrɔ̃e gbidii!#1.15: Kpukpui sia nye Ta 2.1 le Hebri Biblia me.
Currently Selected:
:
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.