Mose II 35
35
Dzudzɔgbe la ŋu ɖoɖowo
1Mose yɔ Israelviwo ƒe ha blibo la ƒo ƒu eye wògblɔ na wo be: “Se siwo Aƒetɔ de be miazɔ ɖe wo nu la woe nye esiawo: 2#Mos II, 20.8-11; 23.12; 31.15; 34.21; Mos III, 23.3; Mos V, 5.12-14. Miwɔ dɔ ŋkeke ade, ke ŋkeke adrẽlia nye dzudzɔgbe; ele kɔkɔe eye wònye Aƒetɔ ƒe ŋkeke. Ame sia ame si awɔ dɔ aɖe le edzi la, woawui. 3Miekpɔ mɔ ado dzo gɔ̃ hã le miaƒe nɔƒewo le dzudzɔgbe la dzi o.”
Nuwo dzɔdzɔ na Agbadɔ kɔkɔe la
(Mos II, 25.1-9)
4Mose gblɔ na Israelviwo ƒe ha blibo la be: “Nu si Aƒetɔ be miawɔ lae nye esi: 5Midzɔ nu le mia nɔewo dome na Aƒetɔ. Ame sia ame si se le eƒe dzime be yeana nu faa la, netsɔ Aƒetɔ ƒe nunana vɛ. Wonetsɔ sika, klosalo, akɔbli; 6aɖabɛ blɔtɔ kple dzẽtɔ ƒe ka, ka dzẽ, ɖeti ɣi, avɔ si wotsɔ gbɔ̃fu lɔ̃, 7agbogbalẽ si wode ama dzẽe, gbɔ̃gbalẽ, xeti, 8akaɖimemi, ami sisi si ʋẽna lililĩ, lifi si ʋẽna lililĩ, 9sohamkpe kple kpe xɔasiwo, ne woatsɔ ɖo nunɔlagã ƒe kɔmewu kple akɔtaɖonu ŋu.
Nu tɔxɛ aɖewo na Aƒetɔ Nɔƒegbadɔ la
(Mos II, 39.32-43)
10“Na ŋutsu ɖe sia ɖe si ŋu ŋutete le le mia dome la nava wɔ nu siwo katã Aƒetɔ di la: 11eƒe agbadɔ kple etamegbanu, eŋugaviawo, eƒe ʋuƒowo, eƒe ʋɔmedetiwo, eƒe sɔtiwo kple woƒe afɔwo; 12nubablaɖaka la kple eŋu kpoawo, amenuvezikpui la kple xɔmetsovɔ la; 13kplɔ̃ la kple eŋu kpoawo, eŋu gbawo katã, kple vɔsabolo la; 14akaɖiti la, eŋu nuwo, akaɖigbɛawo kple akaɖimemi; 15lifivɔsamlekpui la kple eŋu kpoawo, ami sisi la kple lifi si ʋẽna lililĩ kpakple agbadɔnuvɔ; 16numemevɔsamlekpui la kple adzrala si le eŋu si wotsɔ akɔbli wɔe, eŋu kpoawo kple eŋu gbaawo katã; tsileze la kple eƒe zɔ; 17kplɔ̃ la ŋu vɔwo, kpɔtiawo kple woƒe afɔwo kple xɔxɔnua ƒe agbonuvɔ; 18agbadɔa ŋu tsyotiwo, kpɔtɔtɔa ŋu tsyotiwo kple woƒe kawo; 19atsyɔ̃ɖowu siwo woatsɔ subɔ le kɔkɔeƒe la, nunɔla Aron ƒe awu kɔkɔeawo kple via ŋutsuawo ƒe awu siwo ŋudɔ woawɔ ne wole subɔsubɔdɔ wɔm la.”
Dukɔ la tsɔ woƒe nunanawo vɛ
20Tete Israelviwo ƒe ha blibo la dzo le Mose ŋkume. 21Emegbe ame sia ame si wòdzɔ dzi na eye wòlɔ̃ kple dzi faa la, va dzɔ nu na Aƒetɔ bene woawɔ eŋudɔ na takpeƒedɔ la kple subɔsubɔdɔ siwo katã hiã le eŋu la kpakple na awu kɔkɔeawo. 22Ale wova, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ame sia ame si lɔ̃ faa tso dzime ko la, tsɔ alɔnugawo, togɛwo, asigɛwo, sikakɔwlawo kple sikanu vovovowo va na. Ame sia ame kɔ̀ sikanu aɖe ŋu va na Aƒetɔ. 23Ame sia ame tsɔ nu si le esi abe aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ, ɖeti ɣi, gbɔ̃fu, agbogbalẽ kple gbɔ̃gbalẽ ene la va na. 24Ame sia ame si ate ŋu ana klosalo alo akɔbli la tsɔe va na Aƒetɔ; ame sia ame si si xeti le la tsɔe va na hena dɔ vovovoawo wɔwɔ. 25Nyɔnu siwo nya ɖetitetre la tre aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ɖeti, dzẽtɔ kple ɣitɔ ƒe ɖeti tsɔ vɛ. 26Nyɔnu siwo katã ƒe dzi ʋã eye ŋutete le wo ŋu la tre gbɔ̃fuwo. 27Kplɔlawo tsɔ sohamkpe kple kpe xɔasiwo vɛ eye woatsɔ wo ɖo kɔmewu la kple akɔtaɖonu la ŋu. 28Wotsɔ akaɖimemi, ami ʋeʋẽe si wosina kple lifi si ʋẽna lililĩ la hã vɛ. 29Ale Israelviwo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ame siwo wòdzɔ dzi na eye wòlɔ̃ kple dzi faa be wòatsɔ nane ava na hena dɔ si Aƒetɔ gblɔ na Mose be woawɔ la, tsɔe va na Aƒetɔ kple dzi faa.
Aɖaŋudɔwɔlawo na Aƒetɔ Nɔƒegbadɔ la
(Mos II, 31.1-11)
30Mose gblɔ na Israelviwo be: “Mikpɔ ɖa, Aƒetɔ tia Bezaleel, Uri viŋutsu, si nye Xur tɔgbuiyɔvi ame si tso Yuda-to la me la. 31Etsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ si naa nunya, nugɔmesese, susu ɖaɖɛ kple aɖaŋu vovovowo nyanya ƒe ŋutete la yɔ eyama taŋ. 32Etea ŋu bua tame nya ale si wòatsɔ sika, klosalo alo akɔbli awɔ nu siwo nyakpɔna la woe. 33Enya ale si wòakpa kpe kple ale si wòatrɔ asi le ati ŋu awɔ nu wo tsyo ƒomevii. 34Ede nunya tɔxɛ tame na eya kple Oholiab, Axisamak viŋutsu tso Dan-to la me be woate ŋu afia nu amewo. 35Ede aɖaŋu wo ame evea ƒe susu me ale gbegbe be wotea ŋu wɔa aɖaŋudɔ ƒomevi vovovowo abe nuwo ƒe dzedzeme ɖeɖe ɖe kpe, ati alo ga dzi, nutata ɖe avɔ me, avɔ biɖibiɖi lɔlɔ̃, avɔlɔlɔ̃ kple lãfuka ene. Wonya dɔwɔla kple aɖaŋudɔwɔla ɖe sia ɖe ƒe dɔ.
Currently Selected:
Mose II 35: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: