YouVersion Logo
Search Icon

Mose II 33

33
Aƒetɔ ɖe gbe na Israelviwo be woadzo le Sinai-to gbɔ
1 # Mos I, 12.7; Mos I, 26.3; Mos I, 28.13. Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Dzo, dzo le afi sia, wò kple dukɔ si nèkplɔ tso Egipte-nyigba dzi, ne miayi anyigba si ŋu meka atam ɖo na Abraham, Isak kple Yakob be, ‘Miaƒe dzidzimeviwo matsɔe ana’ la dzi. 2Madɔ mawudɔla ɖe ŋgɔwò, eye manyà Kanaanitɔwo, Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo Xivitɔwo kple Yebusitɔwo ɖa le mia ŋgɔ. 3Miyi anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi; ke nyemanɔ mia dome ayi kpli mi o, ne menye nenema o la, matsrɔ̃ mi le mɔ dzi, elabe dukɔ kɔlialiatɔ mienye.”
4Esi dukɔ la se ŋɔdzinya siawo la, wofa konyi eye ame aɖeke megaɖoa atsyɔ̃ o. 5Elabe do ŋgɔ la, Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gblɔ na Israelviwo be: ‘Dukɔ kɔlialiatɔe mienye. Ne mezɔ kpli mi aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ ko hã la, matsrɔ̃ mi keŋkeŋ. Miɖe miaƒe atsyɔ̃ɖonuwo katã da ɖi ne manya nu si mawɔ mi.” 6Eya ta Israelviwo megadoa woƒe atsyɔ̃ɖonuwo tso Xoreb-to la gbɔ heyi o.
Aƒetɔ Nɔƒegbadɔ
7Azɔ la Mose tu Aƒetɔ Nɔƒegbadɔ ɖe asaɖa la godo, ɖe adzɔge ke. Eyɔe be godoƒegbadɔ. Ame sia ame si di be yeabia nu Aƒetɔ la yia godoƒegbadɔ la gbɔ le asaɖa la godo. 8Ne Mose yina agbadɔ la gbɔ la, ameawo katã tsona, eye ame sia ame tsia tre ɖe eƒe agbadɔ ƒe mɔnu nɔa Mose kpɔm va se ɖe esime wòge ɖe agbadɔ la me. 9Ne ege ɖe agbadɔ la me la, alilikpo dodo la ɖina vaa agbadɔa ƒe ʋɔtru nu, eye Aƒetɔ ƒoa nu kple Mose. 10Ne ameawo kpɔ alilikpo dodo la wòtɔ ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu la, wo katã wotsia tre, eye wo dome ame sia ame dea ta agu subɔna le eƒe agbadɔ ƒe ʋɔtru nu. 11Ale Aƒetɔ ƒoa nu kple Mose ŋkume kple ŋkume abe xɔlɔ̃ kple xɔlɔ̃ ene. Eyome Mose gatrɔna vaa asaɖa la me. Ke eƒe kpeɖeŋutɔ Yosua, Nun vi, ɖekakpui la ya medzona le agbadɔ la gbɔ o.
Aƒetɔ do ŋugbe be yeanɔ kple yeƒe dukɔ la
12Mose gblɔ na Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, ègblɔ nam be: ‘Kplɔ dukɔ sia’ gake meyɔ ame si dɔ ge nèle be wòakpe ɖe ŋunye la ŋkɔ nam o. Evɔ ègblɔ be: ‘Menya wò, nya wò ŋkɔ, eye mekpɔ ŋudzedze le ŋuwò’ hafi. 13Eya ta, azɔ la, meɖe kuku, ne èkpɔ ŋudzedze le ŋunye la, ekema na manya wò mɔwo, eye madze sii be èkpɔ ŋudzedze le ŋunye nyateƒe. Bu eŋu hã be dukɔ sia la, wò ŋutɔ wò dukɔe.”
14Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Mazɔ kpli mi ayi, eye mana miaɖagbɔ ɖe eme.”
15Mose xɔ edzi be: “Ne màzɔ kplim o la, ekema mègana míaho adzo le afi sia o. 16Ne mèzɔ kpli mí o la, ale ke amewo awɔ anya be èkpɔ ŋudzedze le nye kple wò dukɔ la siaa ŋu? Menye wò zɔzɔ kpli mi mee woakpɔe adze sii le be nye kple wò dukɔ la míeto vovo le anyigba dzi dukɔ bubuwo katã dome oa?”
17Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Nu si tututu nèbia la, mawɔe elabe meve nu wò, eye menya wò ŋkɔ. 18Mose be: “Meɖe kuku, na makpɔ wò ŋutikɔkɔe la.” 19#Rom 9.15. Aƒetɔ be: “Mana nye atsyɔ̃ɖoɖo blibo la ava to ŋkuwò me ayi, eye maɖe gbeƒã nye ŋkɔ le ŋgɔwò be ‘Aƒetɔ lae’. Ame sinu medi be mave la, eya nue mave, eye ame si melɔ̃ be makpɔ nublanui nala, eyae makpɔ nublanui na. 20Gake nyemana nàkpɔ nye ŋkume ya o, elabe ame aɖeke mate ŋu akpɔ nye ŋkume aganɔ agbe o.” 21Tete Aƒetɔ yi edzi be: “Kpɔ ɖa, teƒe aɖe le gbɔnye le afii, afi si nàtsi tsitre ɖe agakpe dzi le, 22eye ne nye ŋutikɔkɔe la va yina la, maɣla wò ɖe agakpe la to me, atsyɔ asi dziwò va se ɖe esime matso eme ayi. 23Eyome mahe asi ɖa eye nàkpɔ nye megbe ɖa; ke nye ŋkume ya la, màkpɔe o.”

Currently Selected:

Mose II 33: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in