Mose II 31
31
Aɖaŋudɔwɔlawo hena Aƒetɔ Nɔƒegbadɔ la
(Mos II, 35.30—36.1)
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2Kpɔ ɖa, meyɔ Bezaleel, Uri viŋutsu si nye Xur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda-to la me. 3Metsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ si fiaa ŋutete kple nunya, nugɔmesese kple aɖaŋu vovovowo wɔwɔ de eme fũu, 4be wòabu tame anya ale si wowɔa sika, klosalo kple akɔbli ŋudɔ aɖaŋutɔe; 5anya ale si woadze kpe hena nuwo me dede, eye wòanya ale si woadze ati hena aɖaŋu vovovowo wɔwɔe. 6Kpɔ ɖa, metia Oholiab, Axisamak viŋutsu tso Dan-to la me kpe ɖe eŋu, eye mena nunya ame siwo katã ŋu ŋutete le la, be woate ŋu awɔ nu siwo katã meɖo na mi be miawɔ la: 7godoƒegbadɔ la, nubablaɖaka la kple eƒe nutunu si le edzi kpakple agbadɔ la ŋuti nuwo katã; 8kplɔ̃a kple eŋu nuwo, sikakaɖiti la kple eŋu nuwo katã kpakple lifivɔsamlekpui la; 9numemevɔsamlekpui la kple eŋu nuwo katã, tsileze la kple eƒe zɔ; 10atsyɔ̃ɖowuawo kple nunɔla Aron ƒe awu kɔkɔeawo kpakple via ŋutsuawo ƒe awuwo be woatsɔ asubɔ; 11ami kɔkɔe si wosina na nu kple lifi si ʋẽna lílilĩ hena kɔkɔeƒe la. Woawɔ nu siawo katã abe ale si megblɔ na wò la ene tututu.”
Dzudzɔgbe, ŋkeke si dzi woagbɔ ɖe eme le
12Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 13“Gblɔ na Israel-dukɔ la be: ‘Miɖo ŋku nye dzudzɔgbeawo dzi, elabe esia nye dzesi le nye kple miawo kpakple miaƒe dzidzimeawo dome, ne mianyae be nye Aƒetɔ, ye wɔ mi kɔkɔe. 14Miɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi elabe nu kɔkɔe wònye na mi: Ame sia ame si gblẽ kɔ ɖo nɛ la, ele be woawui. Ame sia ame si awɔ dɔ aɖe le edzi la, ele be woaɖee ɖa le eƒe dukɔmetɔwo dome. 15#Mos II, 20.8-11; 23.12; 34.21; 35.2; Mos III, 23.3; Mos V, 5.12-14. Ŋkeke adee woawɔ dɔ, ke ŋkeke adrẽlia nye dzudzɔgbe, ŋkeke kɔkɔe na gbɔɖeme na Aƒetɔ. Ame sia ame si wɔ dɔ aɖe le dzudzɔgbe la, ele be woawui. 16Eya ta Israel-dukɔ la naɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi, alé ŋku ɖe eƒe ɖoɖowo ŋu le dzidzimewo katã me, wòanye nubabla si anɔ anyi tegbee. 17#Mos II, 20.11. Enye dzesi mavɔ le nye kple Israel-dukɔ la dome be ŋkeke ade mee Aƒetɔ wɔ dziƒo kple anyigba, eye le ŋkeke adrẽa gbe la, wògbɔ ɖe eme heɖi ɖe eme nyuie.’ ”
18Esi wòƒo nu kple Mose vɔ le Sinai-to dzi la, etsɔ kpe eveawo, siwo dzi sea le la nɛ; kpe siwo dzi Mawu ŋutɔ tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nu ɖo la.
Currently Selected:
Mose II 31: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.