YouVersion Logo
Search Icon

Efesotɔwo KPƆKPLƆYIƉEME

KPƆKPLƆYIƉEME
Nu vevitɔ, si ŋuti Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe Efesotɔwo la ƒo nu tsoe la nye “Mawu ƒe ɖoɖo si wòwɔ be ne ɣeyiɣia de la, woaƒo nu siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la nu ƒu ɖekae ade Kristo te la.” (1.10) Agbalẽa bia tso Mawu ƒe amewo si be woƒe agbenɔnɔ nana be Mawu ƒe ɖoɖo deto sia nadze ƒãa, ale be to ɖekawɔwɔ kple Kristo me la, amegbetɔƒomea nava zu ɖeka.
Le agbalẽa ƒe akpa gbãtɔ me la, woƒo nu tso ɖekawɔwɔ ŋu. Agbalẽŋlɔla la gblɔ ale si Mawu Tɔ́ la tia eƒe amewo, eye wòto Via, Yesu Kristo dzi tsɔ woƒe nuvɔ̃wo ke woe la. Etɔ asi ale si Mawu tsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖo kpe eƒe ŋugbedodo wɔnuku la dzii la.
Le agbalẽa ƒe akpa evelia me la, ebia tso agbalẽa xlẽlawo si be woanɔ agbe nyuie, ale be ale si Mawu tsɔ wo kple Kristo wɔ ɖekae la, nadze le woƒe agbenɔnɔ me.
Wotsɔ ɖekawɔwɔ si le Kristo kple Mawu ƒe amewo dome la sɔ ɖe agbenɔnɔ me nu vovovowo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ be hamea le abe amegbetɔ ene, eye eƒe tae nye Kristo. Wogagblɔ be ele abe xɔtutu ene, eye Kristoe nye eƒe dzogoedzikpe. Egale abe srɔ̃nyɔnu ene, eye srɔ̃ŋutsuae nye Kristo. Ale si Mawu to Kristo dzi ve amegbetɔƒomea nui la wɔ dɔ ɖe agbalẽŋlɔla la dzi ale gbegbe be nya deto geɖewo do le enu. Eɖe Kristo ƒe lɔlɔ̃, eɖokuitsɔtsɔ sa vɔe, ale si wòtsɔa nuvɔ̃ kenae, eƒe amenuveve kple eƒe dzadzɛnyenye le nu sia nu me la fia.
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Kpɔkplɔyiɖeme 1.1-2
Kristo kple hame la 1.3—3.21
Agbe yeye le Kristo me 4.1—6.20
Nuwunyawo 6.21-24

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in