YouVersion Logo
Search Icon

Korintotɔwo I, 9

9
Amedɔdɔ ƒe ŋusẽ kple eƒe dɔdeasiwo
1Ɖe menye ablɔɖeme menye oa? Ɖe menye amedɔdɔe menye oa? Ɖe nyemekpɔ Yesu, mía Aƒetɔ la oa? Menye miawoe nye dɔ si mewɔ na Aƒetɔ la ƒe dzesi oa? 2Ne nyemenye amedɔdɔ kura o hã la, menyee na miawo ya teti, elabe miawoe nye kpeɖodzinu be Aƒetɔ la ƒe amedɔdɔe menye vavã.
3Ɖokuinuɖeɖe si le asinye na ame siwo di be yewoadom kpɔ anya ame si menye lae nye esia. 4Ɖe medze be woana nuɖuɖu kple nunono mí oa? 5Ɖe míekpɔ mɔ akplɔ srɔ̃nyɔnu ɖe ŋuti azɔ mɔe abe ale si amedɔdɔ bubuawo, Aƒetɔ la nɔviwo kple Kefas hã wɔnɛ ene oa? 6Alo nye kple Barnaba ɖeɖe koe wòle be míawɔ dɔ kokoko akpɔ mía ɖokui dzia? 7Asrafo kae wɔa aʋa gaxea fe na eɖokui? Ame kae dea waingble, eye meɖua kutsetseawo ƒe ɖeke o? Alo ame kae kpɔa lãha dzi, ke eya ŋutɔ menoa notsia ƒe ɖe o?
8Menye amegbetɔwo ƒe ɖoɖo nu ɖeɖe koe mele nya sia gblɔm ɖo o. Se la hã gblɔ nenema ke. 9#Mos V, 25.4; Tim I, 5.18. Woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la hã me be: “Mègabla nu na nyitsu si le mɔli dugum la o.” Nyitsu tɔe le vevie na Mawu loo, 10alo míaƒe nya boŋ wònye gblɔm wòle? Míawo tae wòŋlɔe da ɖi ɖo, elabe ele be ame si de agblea kple ame si ŋe nukua la katã nanɔ mɔ kpɔm, be yewo dometɔ ɖe sia ɖe le nuku si yewoŋe la ƒe ɖe ɖu ge. 11#Rom 15.27. Ne míeƒã gbɔgbɔmenukuwo ɖe mia me, eye emegbe míeva kpɔ gome le xexemenu siwo su mia si me la, ɖe míeba mia? 12Ne miena ame bubuwo kpɔ gome sia ƒomevi la, ɖe mele be míawo boŋ míakpɔe geɖe wu oa?
Togbɔ be wòle alea hã la, míewɔ ŋusẽ sia ŋudɔ o, ke boŋ míetsɔa nu sia nu kpoo, elabe míedi be míatsɔ naneke axe mɔ na Kristo ƒe Nyanyui la o. 13#Mos V, 18.1. Ɖe mienyae be ame siwo wɔa dɔ le gbedoxɔ me la, gbedoxɔ mee wokpɔa woƒe nuɖuɖu tsonɛ oa? Gawu la, menye lã si wotsɔ sa vɔe le vɔsamlekpui dzi la ƒe ɖe kee ame siwo subɔna le afi ma la ɖuna oa? 14#Mat 10.10; Luk 10.7. Alea kee Aƒetɔ la ɖoe, be ame siwo ɖea gbeƒã Nyanyuia la hã nakpɔ woƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo tso Nyanyui la gbɔgblɔ me.
15Togbɔ be mekpɔ mɔ awɔ ŋusẽ siawo ŋudɔ hã la, nyemewɔ ɖeke ŋudɔ o, eye nyemele agbalẽ sia ŋlɔm na mi be mabia nu si nye tɔnye gome la hã tso mia si o. Madi be maku boŋ wu be ame aɖe natsɔ nu si dzi mele dàdam ɖo la awɔ nu tsɛe. 16Nyemekpɔ mɔ anɔ dàdam be meɖea gbeƒã Nyanyui la o. Ɖe woɖe gbe nam be magblɔe kokoko. Ne mekatsɛ gbe Nyanyui la gbɔgblɔ la, baba nam! 17Nenye ɖe esia tso nye ŋutɔ nye didi me la, anye ne fetu anɔ eme nam. Ke menye nye ŋutɔe le egblɔm le ɖokuinye si o; dɔdeasi wònye nam be mawɔ. 18Azɔ fetu kae le eme nam? Eya koe nye be magblɔ Nyanyui la fetumaxɔe, eye nyemawɔ ŋusẽ si dzem le eme la hã ŋudɔ na ɖokuinye o.
19Togbɔ be mevo keŋ eye mele ɖokuinye si hã la, metsɔ ɖokuinye wɔ kluvi na ame sia ame, bene nye asi nate ŋu asu ame geɖe dzi ne woatrɔ dzime. 20Ne mele Yudatɔwo dome la, mewɔa ɖokuinye Yudatɔe, be maɖe woamawo. Togbɔ be nye ŋutɔ nyemele sea te o hã la, ne mele ame siwo le sea te dome la, mewɔa ɖokuinye abe ame si le sea te ene, be maɖe ame siwo le sea te la hã. 21Nenema ke ne mele ame siwo mele sea te o dome la, mewɔa ɖokuinye wo dometɔ ɖekae, bene maɖe woawo hã. Esia mefia be nyemewɔa Mawu ƒe se dzi o, ke boŋ be Kristo ƒe se la tee mele. 22Ne mele ame beliwo dome la, mewɔa ɖokuinye ame belii be maɖe wo. Mezu nu sia nu ƒomevi na ame sia ame ƒomevi, be ale ke kee wòanɔ hã la, maɖe wo dometɔ aɖewo godoo. 23Nyanyui la tae mewɔa nu siawo katã ɖo, be makpɔ gome le yayra si le eme la me.
24Mienyae be, ne duɖimekelawo le du ƒum la, wo dome ame sia ame ƒua dua ya, ke ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖununana la. Eya ta miƒu dua nyuie, ne miaxɔ nunana la. 25#Nya 4.2; 5.16.Duɖimekela ɖe sia ɖe ɖua eɖokui dzi le nu sia nu me. Ewɔa esia be yeaxɔ dziɖuɖudzesi si gblẽna la. Ke míawo ya la, dziɖuɖudzesi si megblẽna gbeɖegbeɖe o la nyam míele. 26Eya ta nye ya nyemeƒua du glɔmɔglɔmɔ o. Nenema ke nyemedaa kɔ ɖe ya me hã o, 27ke boŋ mewɔa funyafunya nye ŋutilã, heɖua edzi. Ne nyemewɔe alea o la, maɖe gbeƒã Nyanyui la na amewo vɔ, ke nye ŋutɔ ya la, womakpɔ ŋudzedze le ŋunye o.

Currently Selected:

Korintotɔwo I, 9: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in