Korintotɔwo I, 6
6
Kristotɔwo ɖeɖe ƒe wo nɔewo kpɔkplɔ yi ʋɔnui
1Ne nya ɖo nɔvi xɔsetɔ eve dome la, ɖe ame ɖeka tsɔnɛ yina ɖe ame siwo mele hamea me o la gbɔ loo, alo etsɔnɛ yia hametɔwo gbɔa? 2Alo ɖe mienyae be xɔsetɔwoe le ʋɔnu drɔ̃ ge xexea me gbe aɖe gbe oa? Mi ame siwo gbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge xexea me la, ɖe miate ŋu adrɔ̃ nya kukluiwo, akpɔ ta na wo oa? 3Ekema mienyae be míawoe gbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge mawudɔlawo gɔ̃ hã oa? Ʋuu keke wòahanye agbemenya suesuewo! 4Nu ka ta nenye be nya siawo ɖo mia dome la, mietsɔa wo yina ɖe ame siwo hamea mebuna gobii o la gbɔe? 5Ŋu nekpe mi dzro! Ke ɖe miele gbɔgblɔm be nunyala ɖeka pɛ hã mele mia dome si ate ŋu adrɔ̃ nya le nɔvi xɔsetɔwo dome o tae, 6miele mia nɔewo kplɔm le ʋɔnu yim le ame siwo menye xɔsetɔwo o la gbɔa?
7Be miele mia nɔewo kplɔm le ʋɔnu yim la ɖe mia dzi kpɔtɔ. Nu ka ta miazi kpi woawɔ vɔ̃ ɖe mia ŋu boŋ o? Nu ka ta miana woaba mi boŋ o? 8Le esia teƒe la, miawo boŋ miele nuvɔ̃ wɔm hele amewo bam. Miewɔa esia ɖe miawo ŋutɔ mia nɔvi xɔsetɔwo kekeake hã ŋu!
9Ɖe mienyae be ame siwo wɔa nu madzɔmadzɔ la manyi Mawu ƒe fiaɖuƒe la dome oa? Migana woable mi o! Nu baɖa wɔlawo, alo trɔ̃subɔlawo, alo ahasiwɔlawo, alo nyɔnu siwo dɔna kple nyɔnuwo loo, alo ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo, 10alo fiafiwo, alo ŋuklẽlawo, alo ame siwo noa aha muna, alo ame siwo dzua ame, alo ame siwo daa adzo ame ƒe nu la, manyi Mawu ƒe fiaɖuƒe la dome akpɔ o. 11Nu siawoe mia dometɔ aɖewo wɔna tsã; ke azɔ la, wole tsi na mi, kɔ mia ŋuti hebu mi ame dzɔdzɔewoe le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkɔ kple mía Mawu la ƒe Gbɔgbɔ la me.
Mitsɔ miaƒe ŋutilã de bubu Mawu ŋui
12 #
Kor I, 10.23. Wogblɔna be: “Woɖe mɔ nam be mawɔ nu sia nu.” Ke menye nu sia nu wɔwɔe nyo na ame o. Wonyagblɔna be, “Woɖe mɔ nam be mawɔ nu sia nu” baa, ke nyemele mɔ na ge be naneke naɖu dzinye o. 13Wogagblɔna hã be, “Ɖe wowɔ nuɖuɖu be woaɖu ɖe ƒodo me. Nenema ke ɖe wowɔ ƒodo be woaɖu nu ɖe eme.” Ke Mawu gbɔna wo kple eve la siaa ɖe ge ɖa. Womewɔ ŋutilã be woatsɔe awɔ ahasii o, ke boŋ ɖe wowɔe be wòanye Aƒetɔ la tɔ, eye Aƒetɔ la hã nanye ŋutilã la tɔ. 14Abe ale si Mawu fɔ Aƒetɔ la ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ene la, nenema kee wòatsɔ eƒe ŋusẽ la afɔ míawo hã ɖe tsitree. 15Ɖe mienyae be miaƒe ŋutilãwo la Kristo ƒe ameti la ŋutinuwo wonye oa? Ne ele nenema la, ɖe wòle be matsɔ Kristo ƒe ŋutinuwo awɔ nyɔnu si tsɔ ahasiwɔwɔ ɖo dɔe la ƒe ŋutinuwoea? Gbeɖe! 16#Mos I, 2.24. Ɖe mienya be ŋutsu si dɔ kple nyɔnu ahasitɔ la, eƒe ŋutilã zu ɖeka kple etɔ oa? Elabe mawunya gblɔ be: “Wo ame eve la, woazu ŋutilã ɖeka.” 17Ke ame si wɔ ɖeka kple Aƒetɔ la ya la, eƒe gbɔgbɔ zu ɖeka kple Aƒetɔ la tɔ. 18Mitsri ahasiwɔwɔ loo! Nu vɔ̃ bubu ɖe sia ɖe ƒomevi si ame wɔna la, melɔa eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ɖe eme o, ke ame si wɔa ahasi ya la, wɔa nuvɔ̃ ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋu. 19#Kor I, 3.16; Kor II, 6.16. Ɖe mienyae be miaƒe ŋutilã la Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu na mi, wòle mia me la, ƒe gbedoxɔe wònye oa? Kpɔ ɖa, menye mia ɖokui tɔe mienye o! 20Fe gã ŋutɔ woxe ɖe mia ta, eya ta mitsɔ miaƒe ŋutilã de bubu Mawu ŋui.
Currently Selected:
Korintotɔwo I, 6: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.