YouVersion Logo
Search Icon

Korintotɔwo I, 12

12
Nunana siwo tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ
1Nɔvinyewo, le gbɔgbɔmenunanawo gome la, nyemedi be naneke naɣla ɖe mi o. 2Mienya be esime mienye trɔ̃subɔlawo la, wokplɔ mi trae yi ɖe trɔ̃ siwo meƒoa nu o la gbɔ, eye wowɔ dɔ ɖe mia dzi hã. 3Eya ta medi be eme nekɔ na mi be ame si me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la mekea nu gblɔna be: “Neɖi Yesu ŋu kpékpekpe!” o, eye ame si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le la koe ate ŋu agblɔ be, “Yesue nye Aƒetɔ!”
4 # Rom 12.6-8. Nunana vovovowo li, ke Gbɔgbɔ ɖeka ma koe naa nuawo. 5Subɔsubɔdɔ vovovowo li, ke Aƒetɔ ɖeka ma koe míesubɔna. 6Dɔwɔna ƒomevi geɖewo li, ke Mawu ɖeka ma koe doa ŋusẽ amewo wowɔa wo katã. 7Woɖea Gbɔgbɔ la ƒe dɔwɔna ɖe go le ame sia ame me be wòaɖe vi na amewo katã. 8Woto Gbɔgbɔ la dzi na ale si woaƒo nu nunyatɔe la ame aɖe. Gbɔgbɔ ma ke nana be ame bubu nyaa ale si wòaƒo nu tso nu si wòdze sii la ŋu, be amewo nate ŋu ase egɔme. 9Eya kee tsɔa xɔse naa ame aɖe, eye wònaa ŋusẽ ame bubu ya be wòada gbe le ame ŋu. 10Gbɔgbɔ la kee naa ŋusẽ ame bubu be wòawɔ nukunuwo. Eganaa ŋusẽ ame bubu hã be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi, ke enaa ŋusẽ ame bubu ya be wòanya vovototo le gbɔgbɔ vovovowo dome. Gbɔgbɔ la kee naa ŋusẽ ame bubu be wòagblɔ gbe vovovowo, eye wònaa ŋusẽ ame bubu ya be wòaɖe gbe vovovowo gɔme. 11Gbɔgbɔ ɖeka ma koe wɔa dɔ siawo katã, eye wòmaa nunanawo na ame sia ame ɖekaɖekae, abe ale si dze eŋu la ene.
Ameti la kple ŋutinu vovovoawo
12 # Rom 12.4, 5. Amegbetɔ ƒe ameti la le ɖeka, ke ŋutinu geɖewo le eŋu. Ŋutinu vovovo siawo le ameti ɖeka ma ko ŋu. Alea tututu Kristo hã le. 13Woto Gbɔgbɔ ɖeka me wɔ mí katã ameti ɖekae. Eɖanye Yudatɔ alo Helatɔ o; eɖanye kluvi alo ablɔɖevi o, mawutsi ɖeka ma ko wole na mí katã, eye wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka ma ƒe tsi kpe na mí katã míeno.
14Ŋutinu ɖeka mewɔa ame o, ke boŋ ŋutinu geɖewoe le ame blibo la ŋu. 15Ne afɔ agblɔ be: “Esi nyemenye asi o ta la, nyemenye ameti la ƒe akpa aɖeke o” la, nya sia maɖee ɖa le ameti la ŋu o. 16Nenema ke ne to agblɔ be: “Esi nyemenye ŋku o ta la, nyemenye ameti la ƒe akpa aɖeke o” la, nya sia maɖee ɖa le ameti la ŋu o. 17Ne ŋku ɖeɖee nye ameti bliboa la, ale ke wòawɔ ase nu? Ne to ɖeɖee nye ameti bliboa la, ale ke wòawɔ ase nu ƒe ʋeʋẽ? 18Ke Mawu ɖo ŋutinuawo katã ɖe wo teƒe ɖekaɖeka le ameti la ŋu, abe ale si wòdi la ene. 19Ne ŋutinu ɖeka dzaa ko nye ameti bliboa katã la, ale ke ameti blibo la anɔ? 20Abe ale si wòle ene la, ŋutinuwo li sɔ gbɔ, evɔ la, ame bliboa ya la, nu ɖeka ko wònye. 21Ŋku mate ŋu agblɔ na asi be: “Nyemehiã wò o” o. Alo ta nagblɔ na afɔ be: “Mèle vevie nam o!” 22Le go bubu me la, ŋutinu siwo dzéna abe ŋusẽ aɖeke ɖe mele wo ŋu o ene la boŋ ŋudɔ míewɔna wu. 23Nenema ke ŋutinu siwo dzéna abe bubu ɖe mele wo ŋu o ene la ŋue míedea bubui wu. Esiwo menyakpɔna o lae míeɖoa atsyɔ̃ tɔxɛ na, 24eye míegblẽa akpa siwo nyakpɔna ya ɖi. Ke Mawu trɔ asi le ameti la ŋu ale gbegbe be wòna bubu tɔxɛ akpa siwo le beli la wu. 25Ewɔ esia bene memama naganɔ ŋutinuawo dome o, ke boŋ be ɖe sia ɖe natsɔ beléle ma ke na nɔvia. 26Ne ŋutinu ɖeka se veve la, mamlɛawo katã sea veve kplii. Nenema ke ne wode bubu wo dometɔ ɖeka ŋu la, bubuawo katã kpɔa dzidzɔ kplii.
27Azɔ la, Kristo ƒe ametie mi katã mienye, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nye eƒe ŋutinu vovovoawo dometɔ ɖeka. 28#Efes 4.11. Mawu ɖo amewo ɖe hamea me ale: Gbã amedɔdɔawo, evelia Mawu ƒe gbeƒãɖelawo, etɔ̃lia nufialawo; emegbe nukunuwɔlawo, gbedalawo, kpeɖeŋutɔwo, kplɔlawo kple gbe vovovowo gblɔlawo. 29Menye ame sia amee nye Mawu ƒe gbeƒãɖela o ɖe? Menye ame sia amee nye nufiala o ɖe? Menye ame sia amee nye nukunuwɔla o ɖe? 30Menye ame sia amee wona dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽe o ɖe? Menye ame sia amee te ŋu gblɔa gbe vovovowo o ɖe? Menye ame sia amee te ŋu ɖea gbegbɔgblɔwo gɔme o ɖe? 31Miti amenuvevenunana siwo kɔ wu la yome.
Fifia la, mafia nu si ƒo ɖe sia ɖe ta la mi.

Currently Selected:

Korintotɔwo I, 12: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in