Daniel 2
2
Daniel ɖe Nebukadnezar ƒe drɔ̃e le xexeme fiaɖuƒe eneawo kple Mawu ƒe fiaduƒe mavɔ la ŋu gɔme nɛ, eye wodoe ɖe dzi ŋutɔ.
1Le Nehukadnezar ƒe fiaɖudu ƒe ƒe evelia me la Nehukadnezar ku drɔ̃e, eye wòdzo haha, ale be alɔ̃ bu ɖee. 2Tete fia la de se be, woayɔ dzotɔwo kple bokɔnɔwo, gbesalawo kple Kaldeatɔwo vɛ, ne woaɖe drɔ̃e la gɔme na fia la; eye wova hetsi tre ɖe fia la ŋku me. 3Eye fia la gblɔ na wo bena: Meku drɔ̃e, eye drɔ̃e la gɔmesese na medzo haha. 4Tete Kaldeatɔwo ƒo nu kple fia la ɖe Aram-gbe me bena; Fia la nenɔ agbe tegbee! Li ɖrɔ̃e la na wo dɔlawo, ekema míaɖe egɔme na wò. 5Fia la ɖo ŋu na Kaldeatɔwo gblɔ bena. Tame, si meɖo, enye si: Ne mieli drɔ̃e le eye mieɖe egɔme nam o la, ekema woafli mi kakɛkakɛ, eye miaƒe aƒewo azu aɖukpo. 6Ke ne mieli drɔ̃e la, eye mieɖe egɔme la, ekema miaxɔ nunana vovovowo kple bubu geɖe tso gbɔnye, eyata mili ɖrɔ̃e la, eye miɖe egɔme. 7Woɖo ŋu zi evelia gblɔ bena: Fia la neli ɖrɔ̃e la na eƒe ɖɔlawo, ekema míaɖe egɔme. 8Fia la xɔ edzi gblɔ bena: Medze sii keŋ be, ɣeyiɣi ko dim miele, elabena miekpɔ be, meɖo tame kplikpaa. 9Ke ne mieli drɔ̃e la nam o la, ekema afiatsotso ɖeka koe le mia ŋu; elabena de mieɖo gbe ɖi, be miagblɔ alakpanyawo kple nya gbegblẽwo le ŋkunye me, vaseɖe esime ɣeyiɣi la nu nayi. Eyata mili drɔ̃e la nam, ekema madza sii be, miate ŋu aɖe egɔme hã nam. 10Kaldeatɔwo ɖo ŋu na fia la gblɔ bena: Amegbetɔa ɖeke mele anyigba dzi, si ate ŋu aɖe nusi fia di la gɔme o; eye fia gã sẽŋua ɖeke meli, si bia nusiawo tɔgbe tso dzotɔwo, bokɔnɔwo kple Kaldeatɔwo si me kpɔ o. 11Nusi dim fia le la sesẽ, eye amea ɖeke meli ale ŋu aɖe egɔme na fia la o, negbe mawuwo ko, amesiwo ƒe nɔƒe mele kodzogbeawo dome o. 12Tete dzi ku fia la, eye wòdo dɔmedzoe ŋutɔ hede se be, woawu Babel-nunyalawo katã. 13Eye esi wode se be, woawu nunyalawo la, wodi Daniel kple ehatiwo hã, be woawu.
14Tete Daniel tsɔ nunya kple gɔmesese ƒo nu kple fia ŋu srafowo ƒe amegã Aryox, amesi ho be, yeawu Babel-nunyalawo la. 15Eye wògblɔ na fia ƒe aʋafia Aryox bena: Nukatae fia la de se sesẽ sia ɖo? Tete Aryox to nye la na Daniel. 16Eye Daniel yi fia la gbɔ ɖaɖe kuku nɛ be, woana azã ye, ne yeaɖe drɔ̃e la gɔme na fia la. 17Emegbe Daniel yi aƒe me, eye wòto nya la na eƒe hatiwo Xananya, Misael kple Azarya; 18ne woabia amenuveve le dziƒo ƒe Mawu la si le nya ɣaɣla sia la, ne womagawu Daniel kple eƒe hatiwo akpe ɖe Babel-nunyala mamleawo ŋu o. 19Tete woɖe nya ɣaɣla la fia Daniel le ŋutega me le zã. Eye Daniel kafu dziƒo Mawu la. 20Eye Daniel xɔ edzi gblɔ bena; Woakafu Mawu ƒe ŋkɔ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, elabena etɔe nye nunya kple ŋusẽ. 21Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo, eɖea fiawo le zi dzi, eye wòɖoa fiawo zi dzi, enaa nunya nunyalawo kple sidzedze nugɔmeselawo; 22eɖea nusi me goglo, kple nu ɣaɣla fiana, enya nusi le viviti me, elabena kekeli le egbɔ. 23Fofonyewo ƒe Mawu, meɖa akpe na wo, eye mekafu wo, be nẽna nunya kple ŋusẽm, eye néɖe nusi míebia wò la fiam; elabena fia ƒe nyae nèɖe fia mí! 24Tete Daniel yi Aryox, amesi fia la ɖɔ, be wòawo Babel-nunyalawo la gbɔ, eye wògblɔ nɛ bena; Megawu Babel-nunyalawo o; ke hoŋ kplɔm yi fia la gbɔe, eye maɖe drɔ̃e la gɔme na fia la. 25Eye Aryox kplɔ Daniel yi fia la gbɔ enumake hegblɔ nɛ bena; Mekpɔ ŋutsua ɖe le Yuda-viwo ƒe aboyomewo dome, amesi be, yeaɖe drɔ̃ea gɔme na fia. 26Fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel, amesi ŋkɔ nye Beltsazar le, bena; Ate ŋu alĩ drɔ̃e, si meku la, eye naɖe egɔme nam vavãa?
27Daniel do ŋn na fia la gblɔ bena; Nya ɣaɣla, si dim fia le la, nunyalawo, hokɔnɔwo, dzotɔwo kple dzinuvi me nyalawo mate ŋu aɖe egɔme na fia la o. 28Ke Mawua ɖe le dzi me, amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go, eye eyae ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge gbaɖegbe la fia fia Nehukadnezar. Wò drɔ̃ekuku kple ŋutega, si va ta me na wò le wò aba dzi la, enye si; 29Wò fia, èle tame bum le nusi gbɔna dzɔdzɔ ge le ɣeyiɣi siawo megbe la ŋu le wò aba dzi, eye amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go la, ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia wò. 30Ke nye la, menye esi nunya le asinye wu agbagbeawo katã ta, wode nya ɣaɣla sia fiam ɖo o, ke boŋ, be woaɖe egɔme na fia la, eye nadze si wò dzimesusuwo. 31Wò fia, éɖo ŋku anyi, eye nèkpɔ legba gãa ɖe; legba la lolo, eye eƒe dzodada teƒe mekɔ o, ele tsitrenu de ŋkuwò me, eye eƒe nɔnɔme dzi ŋɔ. 32Legba sia ƒe la nye sika nyuitɔ, eƒe akɔta kple eƒe abɔwo nye klosalo, eye eƒe ƒodo kple ali nye akɔbli; 33eƒe ata wo nye gɔyibɔ, eƒe afɔwo ƒe akpaa ɖewo nye gayibɔ, eye akpaa ɖewo nye tsu. 34Eye esi néle ekpɔm la, kpea ɖe, si menye ame ƒe asie ɖae o la, ge va dze legbɔ la ƒe afɔ, si nye gayibɔ kple tsu la dzi, eye wògbae guduguɖu. 35Ale gayibɔ kple tsu, akɔbli, klosalo kple sika wogbã gudugudu, eye wozu abe tsro le lugbɔƒe le dzomeŋɔli ene, ya kplɔ wo dzoe, eye womegakpɔ wo teƒe o; ke kpe, si dze legbaa dzi la, zu to gãa de hexɔ anyigba blibo la dzi. 36Drɔe la nye esia, Azɔ miaɖe egɔme na fia la. 37Wò fia, si nye etiɔwo ƒe fia, amesi dziƒo ƒe Mawu la tsɔ fiaɖuɖu, ŋusẽ, kamesesẽ kple bubu na, 38wò amesi wòtsɔ nu gbagbewo katã, amegbetɔwo, gbemelãwo kple dziƒoxewo de asi na, eye wòtsɔ wò ɖo aƒetɔ ɖe wo katã nu la, wòe nye sika ta la. 39Ke fiaɖuƒe bubu ava ɖe yowòme, si anɔ ʋee wu tɔwò; emegbe fiaɖuƒe etɔ̃lia ava, si nye akɔblitɔ, eye wòaɖu anyigba blibo la dzi. 40Fieɖuƒe enelia asesẽ abe gayibɔ ene, elabena gayibɔ ƒoa nuwo katã, eye wògbãa wo gudugudu; alesi gayibɔ gbãa nui la, nenema wòaƒo ekemeawo katã, eye wòagbã wo gudugudui. 41Esi nékpɔ be, afɔwo kple afɔbideawo ƒe akpaa ɖewo nye tsu, eye akpaa ɖewo nye gayibɔ la, nenema fiaɖuƒe la amãe; gayibɔ ƒe sesẽ anɔ eme, elabena ékpɔ gayibɔ kple tsu wotsaka. 42Alesi afɔbideawo ƒe akpaa ɖewo nye gayibɔ, eye akpaa ɖewo nye tsu la: nenema fiaɖuƒe la ƒe akpaa ɖe asesẽ, eye akpaa ɖe masesẽ o. 43Eye alesi nèkpɔ gayibɔ kple tsu wotsaka la, nenema woatsaka kple amegbetɔwo ƒe ƒomeawo, ke womalé ɖe wo nɔewo ŋu o, abe alesi gayibɔ kple tsu menye tsakana o ene. 44Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee. 45Elabena ékpɔ kpea ɖe, si ame ƒe asi meɖa o la, ge tso to dzi va gbã gayibɔ, akɔbli kple tsu, klosalo kple sika la. Mawu gã lae ɖe nusi gbɔna gbaɖegbe la fia fia la. Drɔ̃e la le eme, eye eƒe gɔmeɖeɖe le eteƒe.
46Tete fia Nehukadnezar tsyɔ mo anyi hede ta agu ɖe Daniel ŋku me, eye wòɖe se be, woasa va, eye woado dzudzɔ ʋeʋèe nɛ. 47Tete fia la gblɔ na Daniel bena; Nyateƒee, miaƒe Mawu la enye mawuwo dzi Mawu kple fiawo dzi Aƒetɔ kpakple nya ɣaɣlawo defiala; elabena èle ŋu ɖe nya ɣaɣla sia fia. 48Eye fia la de bubu Daniel ŋu, eye wòtsɔ nunana gã geɖewo nɛ, etsɔe ɖo Babel-nyigba blibo la nu, eye wòtsɔe ɖo Babel-nunyalawo katã ƒe tatɔe. 49Eye Daniel ɖe kuku na fia la wòtsɔ Babel-nyigba ƒe dziɖuɖudɔwo de asi na Sadrax, Mesax kple Abed-Nego. Ke Daniel ŋutɔ ya nɔ fiaƒe me.
Currently Selected:
Daniel 2: EWERV
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.