Daniel 1
1
Daniel kple xɔlɔ̃awo hehe le Babel-fia ƒe fiasã me, woƒe nyateƒetɔnyenye kple nunya.
1Le Yuda-fia Yoyakim ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la Babel-fia Nehukadnezar ho ɖe Yerusalem ŋu, eye wòɖe to ɖee. 2Eye Aƒetɔ la tsɔ Yuda-fia Yoyakim kple Mawu ƒe aƒe me nua ɖewo de asi nɛ; ekplɔ woyi eƒe mawu ƒe nɔƒe le Sinear-nyigba dzi, eye wòtsɔ nuawo de eƒe mawu ƒe nudzraɖoƒe. 3Eye fia la de se na aƒedzikpɔlawo ƒe amegã Aspenaz be, wòaɖe ŋutsuviwo tso Israel-viwo dome, amesiwo tso fiaƒome kple bubumewo dome, 4ŋutsuvi, siwo nu mewɔ afiaa ɖeke na o, eye wodze ɖeka, adaŋu le mo na wo, wodze si nu, nunya le tagbɔ na wo, eye wozã la, he woasuhɔ le fiasã me, eye woafia Kaldeatɔwo le nuŋɔŋlɔ kple gbe wo. 5Eye fia la do woƒe gbesiagbe nuɖuɖu na wo tso fia ƒe nuɖudu kple wein me, ne woatsɔ anyi woe ƒe eta; emegbe woasubɔ fia la. 6Yuda-vi, siwo le wo dome la, wonye: Daniel, Xananya, Misael kple Azarya. 7Eye aƒedzikpɔlawo ƒe amegã tsɔ ŋkɔ na wo; Daniel tɔe nye Beltsazar, Xananya tɔe nye Sadrax, Misael tɔe nye Mesax, eye Azarya tɔe nye Aded-Nego.
8Ke Daniel do de ta me be, yemele fia ƒe nuɖuɖu kple wein tsɔ ge agblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui o, eye wòɖe kuku na aƒedzikpɔlawo ƒe amegã, ne yemagagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui o. 9Eye Mawu na aƒedzikpɔlawo ƒe amegã nyo dɔme na Daniel, eye wòve enu. 10Eye aƒedzikpɔlawo ƒe amegã gblɔ na Daniel bena: Mele nye aƒetɔ fia, amesi ɖo nuɖuɖu kple nunono na mi la vɔ̃m; elabena ne ekpɔ be, míaƒe mo ɖi ku wu mía hatiwo tɔ la, ekema nye tae nye ekem mietsa na fia la. 11Tete Daniel gblɔ na dzikpɔla, si aƒedzikpɔlawo ƒe amegã ɖo Danlel, Xananya, Misael kple Azarya nu la bena: 12Tee kpɔ kple wò dɔlawo ŋkeke ewo, ne woatsɔ amã na mí míaɖu kple tsi na mí míano. 13Emegbe naɖe ŋku ɖe míaƒe nɔnɔme kple ŋutsuvi, siwo ɖua fia ƒe nuɖuɖu la ƒe nɔnɔme, eye alesi nakpɔ la, nenema nu nawɔ na wo ɖɔlawo ɖo. 14Eye wòɖo to wo le nya sia me hetee kpɔ kpli wo ŋkeke ewo. 15Le ŋkeke ewo megbe la woƒe nɔnɔme nyo, eye woklã wu ŋutsuvl, siwo katã ɖua fia ƒe nuɖuɖu. 16Tso gbemagbe dzi dzikpɔla la ɖe woƒe nuɖuɖu kple wein, si woɖo na wo la ɖa, eye wòna ama wo. 17Eye Mawu na nunya kple gɔmesese ŋutsuvi ene siawo le nuŋɔŋlɔ vovovowo kple nunya gome; ke Daniel ya nya ŋutegawo katã kple drɔ̃ewo gɔme.
18Esi ɣeyiɣi, si fia la de se be, woakplɔ wo vɛ, de la, aƒedzikpɔlawo ƒe amegã kplɔ wo va Nehukadnezar ŋku me. 19Eye esi fia la ƒo nu kpli wo la, womekpɔ amea ɖeke le wo katã dome, si de Daniel, Xananya, Misael kple Azarya nu o; eye wosubɔ le fia le ŋku me. 20Eye nya sia nya, si fia la bia wo le nunya kple gɔmesese gome la, ekpɔ be, woƒo eƒe fiaɖuƒe blibo la ƒe dzotɔwo kple bokɔnɔwo katã ta zi gbɔ zi ewo. 21Eye Daniel tsi anyi vaseɖe fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me.
Currently Selected:
Daniel 1: EWERV
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.