4 Mose 17
17
Aron ƒe atikplɔ ƒo se
1Emegbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, 2“Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be toawo ƒe kplɔla ɖe sia ɖe natsɔ atikplɔ si dzi wòŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖo la vɛ na wò. 3Ele be Aron ƒe ŋkɔ nanɔ Levi ƒe viwo ƒe to la tɔ dzi. 4Tsɔ atikplɔ siawo da ɖe agbadɔ la ƒe xɔ emetɔ me, afi si medoa go wò le, le nubablaɖaka la ŋgɔ. 5Mawɔ atikplɔ siawo ŋu dɔ be made dzesi ame si metia, elabena amea ƒe atikplɔ azu ati gbagbe, eye wòadze! Ekema Israelviwo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ ɖe mia ŋu nu atso!’ ”
6Ale Mose gblɔ nya la na Israelviwo. Kplɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe, ame siwo dome Aron hã nɔ la, tsɔ atikplɔ ɖeka vɛ. 7Mose tsɔ atikplɔawo da ɖe Yehowa ŋkume le agbadɔ la ƒe xɔ emetɔ me.
8Esi ŋu ke wòyi la, ekpɔ be Aron ƒe atikplɔ si nye Levi ƒe to la tɔ la dze, eye seƒoƒowo de asi keke me le eŋu! 9Esi Mose kɔ atikplɔawo tso Yehowa ƒe ŋkume do goe va fia Israelviwo la, wotsi yaa kple dzimaxɔse! Ame sia ame xɔ eƒe atikplɔ negbe Aron ko.
10Yehowa gblɔ na Mose be wòatsɔ Aron ƒe atikplɔ la ada ɖe nubablaɖaka la xa, wòanɔ afi ma tegbetegbe be wòaɖo ŋku aglãdzedze sia dzi na ameawo. Ne ame aɖe galĩ liʋĩliʋĩ tso Aron ƒe nɔƒe ŋu la, ekema ele be Mose nahe atikplɔ la do goe, atsɔ afia ameawo. Nu sia ana be dzɔgbevɔ̃e bubu magava ameawo dzi o. 11Ale Mose wɔ nu siwo Yehowa ɖo nɛ.
12Israelviwo gblɔ na Mose be, “Míaku! Míebu, mí katã míebu! 13Ame sia ame si ate ɖe Yehowa ƒe agbadɔ la ŋu la, aku. Ɖe mí katã míele kuku gea?”
Currently Selected:
4 Mose 17: AL
Highlight
Share
Compare
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.