YouVersion Logo
Search Icon

Yosua 21

21
Levitɔwo ƒe duwo
1Levitɔwo ƒe kplɔlawo va Silo be yewoalé nya aɖe akpɔ kple nunɔla Eleazar kple Yosua kple Israel ƒe to vovovoawo ƒe kplɔlawo.
2Wogblɔ na takpekpe la be, “Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose, be wòatsɔ du aɖewo ana mí Levitɔwo, woanye aƒe na mí kple lãnyiƒe na míaƒe lãwo.”
3Eya ta Israelviwo tsɔ du siwo dzi woɖu la dometɔ aɖewo kple woƒe lãnyiƒewo na Levitɔwo abe ale si Yehowa gblɔ ene.
4Levi ƒome la ƒe akpa si tso Kohat ƒe hlɔ̃ me lae nye ame gbãtɔ siwo wona anyigbae. Aron ƒe dzidzimeviwo hã xɔ du wuietɔ̃ siwo nye: Yuda, Simeon kple Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe akpa aɖe.
5Wotsɔ du ewo tso Efraim ƒe viwo ƒe duwo me na Kohat ƒe ƒome bubuawo.
6Gerson ƒe viwo xɔ du wuietɔ̃ siwo wotia to akɔdada me tso du siwo le Basan la me. Isaka ƒe viwo, Aser ƒe viwo, Naftali ƒe viwo kple Manase ƒe to ƒe afã ɖe asi le du siawo ŋu na wo.
7Merari ƒe viwo xɔ du wuieve tso Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Zebulon ƒe viwo gbɔ.
8Ale wowɔ ɖe nu si Yehowa ɖo na Mose la dzi, eye woma du siawo kple lãnyiƒe siwo le wo ŋu la to akɔdada me.
9Esiawoe nye du siwo woxɔ tso Yuda ƒe viwo kple Simeon ƒe viwo ƒe anyigba dzi 10na Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo wɔ Kohat hlɔ̃, eye wodzɔ tso Levi me. Woawoe nye ame gbãtɔ siwo wona anyigbae.
11Wotsɔ Arba du, si wotsɔ Arba, Anak fofo ƒe ŋkɔ na, eye woyɔnɛ azɔ be Hebron le Yuda ƒe tonyigba dzi la na wo, kpe ɖe lãnyiƒe si ƒo xlãe la ŋu. 12Ke wotsɔ agblenyigba siwo le dua kple kɔƒe siwo le eŋu la na Kaleb, Yefune ƒe vi, abe eƒe domenyinu ene xoxo.
13Hekpe ɖe Hebron si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka ŋu la, du siwo wogatsɔ na nunɔla Aron ƒe dzidzimeviwo la woe nye Libna, 14Yatir, Estemoa, 15Holon, Debir, 16Ain, Yuta kple Bet Semes kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo. Wonye du asiekɛ tso Yuda ƒe viwo kple Simeon ƒe viwo ƒe anyigbawo me.
17Wona du ene siawo wo, le Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba dzi:
Gibeon, Geba, 18Anatɔt kple Almon kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo.
19Ale wotsɔ du wuietɔ̃ kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na nunɔlawo, Aron ƒe dzidzimeviwo.
20Wotsɔ du aɖewo tso Efraim ƒe viwo ƒe anyigba dzi na ƒome bubu aɖewo tso Kohat hlɔ̃ la me.
21Wotsɔ du ene siawo le Efraim tonyigba la dzi la na wo:
Sekem si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo le Efraim ƒe tonyigba la dzi, Gezer, 22Kibzaim kple Bet Horon kple wo ŋu lãnyiƒewo. 23Wotsɔ du ene siawo, Elteke, Gibeton, 24Aiyalon kple Gat Rimon kple wo ŋu lãnyiƒewo na wo tso Dan ƒe viwo ƒe anyigba dzi.
25Wotsɔ du eve na wo le Manase ƒe viwo ƒe to afã la ƒe anyigba dzi; du siawoe nye Taanak kple Gat Rimon kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu.
26Ale ƒome siwo tso Kohat hlɔ̃ la me la, xɔ du ewo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo.
27Levitɔ bubu siwo tso Gerson hlɔ̃ la me la xɔ du eve kple woƒe lãnyiƒewo:
le Manase ƒe viwo ƒe ɣedzeƒenyigba dzi.
Du siawoe nye Golan le Basan, si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple Be Estera.
28Woxɔ du ene siawo le Isaka ƒe viwo ƒe anyigba dzi:
Kision, Daberat, 29Yarmut kple En Ganim, kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu siwo le du ene.
30Woxɔ du ene siawo le Aser ƒe viwo ƒe anyigba dzi:
Misal, Abdon, 31Helkat kple Rehob, kpe ɖe wo ŋu lãnyiƒewo ŋu siwo le du ene. 32Woxɔ du etɔ̃ le Naftali ƒe viwo ƒe anyigba dzi:
Kedes le Galilea si nye Sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple Hamot Dor kple Kartan kple wo ŋu lãnyiƒewo siwo le du etɔ̃.
33Ale ƒome vovovoawo tso Gerson ƒe hlɔ̃ la me xɔ du wuietɔ̃ kple woƒe lãnyiƒewo.
34Levitɔ mamlɛawo, ame siwo nye Merari ƒe hlɔ̃ la xɔ du ene siawo:
le Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba dzi:
Yokneam, Karta, 35Dimna kple Nahalal kple woƒe lãnyiƒewo siwo nye du ene.
36Woxɔ du ene, Bezer, Yahaz, 37Kedemot kple Mefaat kple wo ŋu lãnyiƒewo le Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi siwo le du ene.
38Woxɔ du ene le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi:
Ramot le Gilead si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka, Mahanaim, 39Hesbon kple Yazer kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo.
40Ale du siwo katã wodzidze nu tsɔ na Merari ƒe hlɔ̃ siwo nye Levitɔwo ƒe ƒome mamlɛawo la le du wuieve.
41Du siwo katã nɔ Levitɔwo si le Israelnyigba dzi la, le blaene-vɔ-enyi kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu. 42Lãnyiƒewo ƒo xlã du siawo dometɔ ɖe sia ɖe, aleae wònɔ na du ɖe sia ɖe.
43Ale Yehowa tsɔ anyigba si ŋugbe wòdo na wo tɔgbuiwo la katã na Israelviwo. Woyi ɖaɖu ameawo dzi, eye wonɔ afi ma. 44Yehowa na ŋutifafa wo abe ale si wòdo ŋugbe ene; ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. Yehowa kpe ɖe wo ŋu woɖu woƒe futɔwo katã dzi. 45Ale nu nyui siwo katã ŋugbe Yehowa do na wo la va eme nenema tututu.

Currently Selected:

Yosua 21: AL

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in