Yosua 20
20
Sitsoƒeduwo
1Yehowa gblɔ na Yosua be, 2“Gblɔ na Israelviwo be woatia sitsoƒeduwo, abe ale si meɖoe da ɖi to Mose dzi ene la azɔ. 3Ne ame aɖe wu ame to nu maɖowɔ me la, ate ŋu asi ayi du siawo dometɔ ɖeka me, eye woaxɔ nɛ tso ame kukua ƒe ƒometɔwo, ame siwo adi be yewoabia hlɔ̃ awui la ƒe asi me. 4Ne amewula la ɖo du siawo dometɔ ɖeka me la, awɔ takpekpe kple du ma me tɔwo ƒe ametsitsiwo, agblɔ nu si dzɔ la na wo, ekema woaxɔe, ana teƒee wòanɔ le wo dome. 5Ne ame kuku la ƒe ƒometɔ aɖe va be yeabia hlɔ̃e, awui la, womaɖe asi le amewula la ŋu nɛ o, elabena menye ɖe wòɖoe hafi wu amea o. 6Ele be amewula la nanɔ sitsoƒedu la me va se ɖe esime ʋɔnudrɔ̃lawo nadrɔ̃ ʋɔnui, eye wòaganɔ afi ma va se ɖe esime nunɔlagã si nɔ dzi ɖum hafi nya sia dzɔ la naku. Ekema amewula la ate ŋu atrɔ ayi wo de azɔ.”
7Du siwo wotsɔ wɔ sitsoƒeduwoe lae nye Kedes le Galilea, le Naftali ƒe viwo ƒe tonyigba dzi, Sekem le Efraim ƒe viwo ƒe tonyigba dzi kple Kiriat Arba si wogayɔna be Hebron la, le Yuda ƒe tonyigba dzi. 8Yehowa gaɖoe be woagatia du bubu etɔ̃ woazu sitsoƒeduwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, le Yeriko ƒe akpa kemɛ. Sitsoƒedu siawoe nye Bezer le Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi, Ramot le Gilead, le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi kple Golan le Basan, le Manase ƒe viwo ƒe anyigba dzi.
9Sitsoƒedu siawo li na amedzro siwo le Israelviwo dome kple Israelviwo ŋutɔ siaa, ale be ame si meɖoe hafi wu nɔvia o la ate ŋu asi ayi teƒe ma, woadrɔ̃ ʋɔnui, eye womabia hlɔ̃e, awui o.
Currently Selected:
Yosua 20: AL
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.