Yona Ŋgɔdonya
Ŋgɔdonya
Yona nye nyagblɔɖila aɖe si wodzi le Israel (Fiawo II, 14:25) Mawu yɔe be wòaƒo nu tso ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu na Asiria si ƒe fiadue nye Ninive. Le ɣe ma ɣi la, esusɔ vie Asiria nagbã Israel le ƒe alafa adre blaeve-vɔ-eve do ŋgɔ na Yesu dzidzi me. Esime Yona se yɔyɔ sia la, eƒe dukɔ ƒe lɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ meɖe mɔ nɛ be wòahe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe nya la ayi na trɔ̃subɔlawo o. Ale wòdze agbagba be yeaɖo tɔdziʋu asi le Mawu nu. Wodae ɖe atsiaƒu me, tɔmelã gã aɖe mii hetrui ɖe godzi. Ewɔ Mawu ƒe gbe dzi azɔ, eye wòyi Ninive hegblɔ nya ɖi. Dzidzedze si wòkpɔ le afi ma la do dɔmedzoe nɛ, ke Mawu tsɔ ati aɖe fia nanee. Wowɔ Yona ƒe nuteƒekpɔkpɔ le tɔmelã la ƒe dɔ me ŋu dɔ le Nubabla Yeye la me (Mat 12:38-41) abe Yesu ƒe yɔdomenɔnɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu ene.
Emenyawo
Mawu ƒe dɔdede asi na Yona kple Yona ƒe dɔgbegbe na Mawu (1:1-17)
Yona ƒe dzimetɔtrɔ kple ɖeɖekpɔkpɔ (2:1-10)
Yona ƒe toɖoɖo kple Ninive ƒe dzimetɔtrɔ (3:1-10)
Yona ƒe dɔmedzoedodo kple Mawu ƒe nyameɖeɖe nɛ (4:1-11)
Currently Selected:
Yona Ŋgɔdonya: AL
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.