YouVersion Logo
Search Icon

Yona 2

2
1Yona do gbe ɖa na Yehowa, eƒe Mawu la le tɔmelã gã la ƒe dɔ me be,
2“Le nye xaxa gã me, medo ɣli na Yehowa,
eye wòɖo tom.
Meyɔe le aʋlime ke,
eye Yehowa se nye kokoƒoƒo!
3Ekɔm ƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke;
meyi to, ƒu dzeagbo la ŋe tsyɔ dzinye,
eye ƒutsotsoe sesẽwo si to dzinye.
4Ale megblɔ be, ‘O Yehowa,
ènyam ɖa le wò ŋkume.
Ke hã la, magatrɔ mo ɖe wò
gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ.’
5Tsi la tsyɔ dzinye, tɔ goglo la ƒo xlãm,
eye ƒumegbewo bliba ta nam.
6Meyi to ɖe to kɔkɔ siwo
le ƒua me la ƒe agu nu ke.
Wotu agbe ƒe mɔ ɖe nunye
eye wode gam ɖe ku ƒe anyigba dzi.
Gake wò Yehowa, nye Mawu,
èɖem tso ku ƒe asi me!
7“Esi nye agbe nu le tsotsom la,
meda nye susuwo ɖe dziwò,
Yehowa, eye nye gbedodoɖa ɖo gbɔwò
le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.
8“Ame siwo subɔa alakpamawuwo la
bua Yehowa ƒe amenuveve si anye wo tɔ!
9Ke nye la, matsɔ akpedaha asa vɔe na wò,
eye maxe nye adzɔgbeɖefe na wò,
elabena Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona.”
10Ale Yehowa ɖe gbe na ƒumelã la, eye wòyi ɖatu Yona ɖe anyigba ƒuƒui dzi.

Currently Selected:

Yona 2: AL

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in