YouVersion Logo
Search Icon

1 Mose 1

1
Xexemewɔwɔ
1Le gɔmedzedzea me la, Mawu wɔ dziƒo kple anyigba. 2Anyigba nɔ nyamaa, nɔnɔme aɖeke meli nɛ o. Ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la dzi, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ agba sam le tsia dzi.
3Mawu gblɔ be, “Kekeli nedo.” Eye kekeli do. 4Mawu kpɔ be kekeli la nyo, eye wòma kekeli la tso viviti la gbɔ. 5Mawu yɔ kekeli la be “ŋkeke,” eye wòyɔ viviti la be “zã.” Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke gbãtɔ.
6Mawu gblɔ be, “Lilikpo nedo, eye wòama tsi si le lilikpo la te kple esi le lilikpo la tame la me. Eye wòva eme nenema.” 7Ale Mawu wɔ lilikpo, eye wòma tsi si le lilikpo la te la ɖa tso esi le lilikpo la tame la gbɔ, eye wòva eme. 8Mawu yɔ lilikpo la be “dziƒo.” Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke evelia.
9Mawu gblɔ be, “Mina tsi si le lilikpo la te la naƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka be anyigba ƒe ƒuƒuiƒe nadze.” Eva eme nenema. 10Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be “anyigba,” eye wòyɔ tsi siwo ƒo ƒu la be, “atsiaƒuwo.” Mawu kpɔe be enyo.
11Mawu gblɔ be, “Mina nuwo namie ɖe anyigba la dzi: ati tsekuwo kple ati siwo tsena, eye ku nɔa tsetseawo me wotɔxɛwotɔxɛe la.” Eva eme nenema. 12Tete nuwo mie ɖe anyigba la dzi: ati siwo tsea ku wotɔxɛwotɔxɛe, eye Mawu kpɔe be enyo. 13Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke etɔ̃lia.
14Mawu gblɔ be, “Mina akaɖiwo nanɔ dziŋgɔli la me be woama ŋkeke ɖa tso zã gbɔ, eye woanye dzesi siwo afia ɣeyiɣiwo, ŋkekewo kple ƒewo, 15eye woanye akaɖiwo le dziŋgɔli la me be woana kekeli anyigba.” Eye wòva eme nenema. 16Mawu wɔ nu keklẽ gã eve: ɣe kple ɣleti, be woaklẽ ɖe anyigba dzi. Eɖoe be nu keklẽ gãtɔ si nye ɣe la naklẽ le ŋkeke me, eye suetɔ si nye ɣleti la naklẽ le zã me. Ewɔ ɣletiviwo hã. 17Mawu tsɔ wo ɖo lilikpo la ŋu, be woana kekeli anyigba, 18aɖu zã kple ŋkeke dzi, eye woama kekeli ɖa tso viviti gbɔ. Nu sia dze Mawu ŋu. 19Ale zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke enelia.
20Mawu gblɔ be, “Tɔmelãwo nedzi ɖe tsiawo me, eye xeviwo nedzo le yame le dziŋgɔli la ƒe ŋkume.”
21Ale Mawu wɔ ƒumelã gãwo kple nu gbagbe siwo tana, eye wonɔa tsi me la ƒomevi vovovowo kple xevi siwo dzona la ƒomeviwo katã. Mawu kpɔe be enyo. 22Mawu yra wo gblɔ be, “Midzi ne miasɔ gbɔ, miayɔ atsiaƒuwo me, eye miana xeviwo nasɔ gbɔ le anyigba dzi.” 23Eye zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke atɔ̃lia.
24Mawu gblɔ be, “Anyigba nedzi lã kple nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi: nyiwo, nu tatawo kple gbemelã ɖe sia ɖe tɔgbi.” Eye wòva eme nenema. 25Mawu wɔ lã wɔadãwo, nyi kple nu tatawo dometɔ ɖe sia ɖe tɔgbi. Eye Mawu kpɔ be enyo.
26Mawu gblɔ be, “Mina míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme me, wòaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple nu gbagbe siwo katã tana le anyigba dzi la dzi.”
27Ale Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me.
Mawu ƒe nɔnɔme me wòwɔ ame ɖo;
ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.
28Mawu yra wo gblɔ na wo be, “Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo.”
29Mawu gagblɔ be “Metsɔ nu miemie siwo tsea ku le anyigba blibo la dzi kple ati tsekuwo na mi abe miaƒe nuɖuɖu ene. 30Metsɔ gbewo kple atiwo katã na lãwo kple xeviwo kple nu siwo katã tana, siwo me agbe le, le anyigba dzi abe woƒe nuɖuɖu ene.” Eye wòva me nenema.
31Mawu lé ŋku ɖe nu siwo katã wòwɔ la ŋu, eye wòkpɔe be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke. Esiae nye ŋkeke adelia.

Currently Selected:

1 Mose 1: AL

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy