1
Korintotɔwo I, 9:25-26
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Duɖimekela ɖe sia ɖe ɖua eɖokui dzi le nu sia nu me. Ewɔa esia be yeaxɔ dziɖuɖudzesi si gblẽna la. Ke míawo ya la, dziɖuɖudzesi si megblẽna gbeɖegbeɖe o la nyam míele. Eya ta nye ya nyemeƒua du glɔmɔglɔmɔ o. Nenema ke nyemedaa kɔ ɖe ya me hã o
Compare
Explore Korintotɔwo I, 9:25-26
2
Korintotɔwo I, 9:27
ke boŋ mewɔa funyafunya nye ŋutilã, heɖua edzi. Ne nyemewɔe alea o la, maɖe gbeƒã Nyanyui la na amewo vɔ, ke nye ŋutɔ ya la, womakpɔ ŋudzedze le ŋunye o.
Explore Korintotɔwo I, 9:27
3
Korintotɔwo I, 9:24
Mienyae be, ne duɖimekelawo le du ƒum la, wo dome ame sia ame ƒua dua ya, ke ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖununana la. Eya ta miƒu dua nyuie, ne miaxɔ nunana la.
Explore Korintotɔwo I, 9:24
4
Korintotɔwo I, 9:22
Ne mele ame beliwo dome la, mewɔa ɖokuinye ame belii be maɖe wo. Mezu nu sia nu ƒomevi na ame sia ame ƒomevi, be ale ke kee wòanɔ hã la, maɖe wo dometɔ aɖewo godoo.
Explore Korintotɔwo I, 9:22