Woto Gbɔgbɔ la dzi na ale si woaƒo nu nunyatɔe la ame aɖe. Gbɔgbɔ ma ke nana be ame bubu nyaa ale si wòaƒo nu tso nu si wòdze sii la ŋu, be amewo nate ŋu ase egɔme. Eya kee tsɔa xɔse naa ame aɖe, eye wònaa ŋusẽ ame bubu ya be wòada gbe le ame ŋu. Gbɔgbɔ la kee naa ŋusẽ ame bubu be wòawɔ nukunuwo. Eganaa ŋusẽ ame bubu hã be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi, ke enaa ŋusẽ ame bubu ya be wòanya vovototo le gbɔgbɔ vovovowo dome. Gbɔgbɔ la kee naa ŋusẽ ame bubu be wòagblɔ gbe vovovowo, eye wònaa ŋusẽ ame bubu ya be wòaɖe gbe vovovowo gɔme.