1
Korintotɔwo I, 10:13
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Ale si wotea amegbetɔ bubuwo kpɔnae la, nenema ke ko wotea miawo hã kpɔnae. Ke Mawu wɔa eƒe nya dzi, eya ta mele mɔ ɖe ge be woate mi akpɔ wòawú ale si miate ŋu atsɔ la o. Afia mɔ si miato ado le eme la mi, bene miate ŋu aɖu tetekpɔa dzi.
Compare
Explore Korintotɔwo I, 10:13
2
Korintotɔwo I, 10:31
Ale ne miele nu ɖum, alo miele nu nom, alo miele nu bubu ɖe sia ɖe wɔm la, miwɔ wo be miatsɔ ade bubu Mawu ŋui.
Explore Korintotɔwo I, 10:31
3
Korintotɔwo I, 10:12
Le esia ta la, ame si susu be yele tsitre la, nekpɔ nyuie ne magadze anyi o.
Explore Korintotɔwo I, 10:12
4
Korintotɔwo I, 10:23
Amewo gblɔna be: “Woɖe mɔ be míawɔ nu sia nu”, ke menye nu sia nue nyo na ame o. “Woɖe mɔ be míawɔ nu sia nu”, ke menye nu sia nue doa ame ɖe ŋgɔgbe o.
Explore Korintotɔwo I, 10:23
5
Korintotɔwo I, 10:24
Ame aɖeke negadi eya ŋutɔ ɖokui tɔ o, ke boŋ nedi ehavi ƒe nyui.
Explore Korintotɔwo I, 10:24