Tete Sadrax, Mesax kple Abed-Nego woɖo ŋu gblɔ ne fia la bena: Nebukadnezar, nya sia ŋuɖoɖo meve mi o. Kpɔ ɖa, mía Mawu, si subɔm míele la, me ŋu aɖe mí tso kpodzo bibi la me, eye wòate ŋu aɖe mi tso wò fia si me. Ke ne menɔ alea o hã la, fia, nyae be, míele wò mawuwo subɔ ge akpɔ gbeɖe o, eye mlaɖo gbe ɖa na sikalegba, si nèli anyi la o.