1
Galatiatɔwo 4:6-7
Agbenya La
AL
Esi mienye viawo ta la, Mawu dɔ Via ƒe Gbɔgbɔ ɖe miaƒe dziwo me, eya ta azɔ la, miate ŋu ayɔ Mawu dzideƒotɔe be, “ Abba, Fofo.” Eya ta mèganye kluvi azɔ o, ke boŋ ènye Mawu ŋutɔ ƒe vi; azɔ esi nènye via ta la, Mawu wɔ wò eƒe domenyilae.
Compare
Explore Galatiatɔwo 4:6-7
2
Galatiatɔwo 4:4-5
Ke esi ɣeyiɣi nyuitɔ va ɖo la, Mawu dɔ Via si nyɔnu aɖe dzi le se la te la ɖa be wòaɖe ame siwo le se la te la, be wòate ŋu axɔ mí abe eya ŋutɔ ƒe viwo ene.
Explore Galatiatɔwo 4:4-5
3
Galatiatɔwo 4:9
Ke azɔ esi mienya Mawu alo magblɔ be Mawu boŋ nya mi la, nu ka ta miagadi be yewoagbugbɔ ayi subɔsubɔ gbɔdzɔ, dahe, dzodzrowo gbɔ ɖo? Ɖe miedi be yewoaganye kluvi na wo akea?
Explore Galatiatɔwo 4:9